Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Ester 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Le ŋkeke adreliagbe, esime wein na fia la, ƒe dzi gbɔ ɖe me la, ede se na aƒe dzikpɔla aɖreawo, siwo nye Mehuman, Bizta, Xarbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Xarkas, amesiwo subɔna le fia Axasweros ŋku me la be,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas.

Gade chapit la Kopi




Ester 1:10
16 Referans Kwoze  

Eye Xarbona, amesi nye aƒe ɖzikpɔlawo dometɔ ɖeka la, gblɔ le fia ŋku me bena: Kpɔ ɖa, Haman tu atia ɖe ɖe Mardoxai ŋu, evɔ wònye eƒo nu nyuie le fia ŋuti hafi; ele Haman-ƒe me, eye wòkɔ abɔklugui blaatɔ̃! Tete fia la gblɔ be: Mihee ɖe eŋu!


Esi wole dzidzɔ kpɔm la, wogblɔ be: Miɖayɔ Simson vɛ, ne wòado nukokoe na mi! Tete woyi ɖakplɔ Simson tso gaxɔ me vɛ wòle nukokoe dom na wo, eye wokplɔe ɖo sɔti eve domee.


Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o.


Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!


Eye wòna womã nuɖuɖu, si le egbɔ la, na wo, ke Benyamin tɔ sɔ gbɔ wu wo katã tɔ zi atɔ̃. Emegbe la wono nu kplii, eye wokpɔ dzidzɔ.


Ɖe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.


Tete wobɔbɔ nɔ anyi, eye woa kple eve la woɖu nu no nu, eye ɖetugbi la fofo gblɔ na ŋutsu la bena: Tsi anyi dɔ, eye wò dzi nagbɔ ɖe me!


Esi Boas ɖu nu no nu, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme la, eyi be, wòamlɔ anyi ɖe lu, siwo woƒo ƒu la, ƒe mlɔenu. Ke eva dzaa, eye wòklo avɔ le afɔgbɔ nɛ hemlɔ anyi.


Eye fiasrɔ̃ Wasti hã tu aglo na nyɔnuwo ɖe fiasã, si nye fia Axasweros tɔ la me.


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o, eye aha muame menye amegãwo ƒe dɔ o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite