Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 6:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke bene miawo hã mianya alesi mele kple nusi wɔm mele la, mia nuvi lɔlɔ̃tɔ Tixiko, amesi nye subɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ana mianya nuwo katã;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple dɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la agblɔ nya sia nya na mi, be miawo hã mianya nu tso ŋunye kple nu si wɔm mele.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 6:21
11 Referans Kwoze  

Eye amesiwo ɖoe ɖa vaseɖe Asia la, woawo nye: Sopatre, Piro, Beroiatɔ la ƒe vi, Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ, kple Timoteo; Tixiko kple Trofimo tso Asia.


Ke Tixiko ta meɖoe ɖe Efeso.


Ne medɔ Artema alo Tixiko de gbɔwò la, do vevie be, nava gbɔnye le Nikopoli; elabena meɖoe bena, manɔ afima le vuvɔŋɔli.


eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ, abe alesi mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ ɖo ɖe mi le eƒe nunya, si wonae la nu ene,


Meŋlɔ nya kpui sia ɖo ɖe mi to Silvano, amesi mebu nɔvi nuteƒewɔla la, si me hele nu xlɔ̃m, mi, eye mele ɖase ɖim bena, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ. Minɔ tsitre sesĩe ɖe eme.


megale abe kluvi ene o, ke boŋ wu kluvi la, ele abe nɔvi lɔlɔ̃ ene, vevietɔ na nye, ke aleke geɖe wu wònyee na wò le ŋutilã me kple Aƒetɔ la me siaa?


Ne ètsɔ nusiawo ɖo nɔviawo ŋku me la, anye Yesu Kristo ƒe subɔla nyui, si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia nyui, si yome nèdze la me.


abe alesi miesrɔ̃e hã le Epafra, mia hadɔwɔla lɔlɔ̃tɔ, si nye Kristo ƒe subɔla nyateƒetɔ na mi la gbɔ ene;


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Ke mele didim bena, mianyae, nɔviwo, bena nusiwo va dzo ɖe dzinye la, tra zu nyanyuie la ƒe dziyiyi nyui la boŋ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite