Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 „Bu fofowò kple dawo,“ — esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 6:2
13 Referans Kwoze  

Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Eye Yeremya gblɔ na Rexab viwo ƒe aƒe la bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi mieɖo to mia fofo Yonadab ƒe se la, mielé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ, abe alesi wòɖe se na mi ene la,


Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.


migatu xɔ o, migaƒã nuku o, eye migade weingble alo ɖe nanye mia to o; ke boŋ minɔ agbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe eteƒe nadidi le anyigba, si dzi míenye amedzro le la dzi.


„bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“


Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite