15 eye mitso dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyuie la bla miaƒe afɔ gɔme.
15 eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la.
Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!
Ke aleke woaɖe gbe ƒã, ne womeɖo wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!“
Aƒetɔ Yehowa enye nye ŋusẽ, awɔ nye afa abe zinɔ tɔ ene, eye wòana mazɔ: kɔkɔƒewo. Na kasaŋkuwo ƒe henɔ.
Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo;
Trɔ, trɔ, Sulamit, trɔ, trɔ, ne míaɖe ŋku ɖe ŋuwò! Nuka míebe, yiewoakpɔ le Sulamit ŋu? Aʋaɣeɖuɖue loo?
Wò gametiwo nye gayibɔ kple akɔbli, eye akpɔ dzudzɔ le wò agbe me ŋkekewo katã me.
ke wòado atokotawo; eye womagado dziwui eve o.