Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Migana amea ɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o; elabena nusia ŋuti Mawu ƒe dziku la va vi sẽtowo dzi ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 5:6
28 Referans Kwoze  

Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o.


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.


Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ; eye gbɔgbɔ sia gblɔɖila geɖewo do go yi ɖe xexeame.


nusiwo ta Mawu ƒe dziku va vi sẽtowo dzi ɖo,


Eye Yesu de asi gbɔgbɔ me na wo bena: Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagaflu mi o.


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go,


Ke esia gblɔm mele bena, amea ɖeke nagable mi kple nyaƒoƒoɖeamenu o.


Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


tete Mawu ƒe dɔmedzoe de dzi ɖe wo ŋu, ewu amewo le woƒe amidalawo dome, eye wòƒo Israel-ɖekakpuiwo ƒu anyi.


Eye míekpɔ bena, womete ŋu yi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti!


Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu, wo amesiwo kplɔa nye ɖukɔ tranae, eye ne woƒe aɖu kpɔ nu le ɖuɖum la, woɖoa boblo ŋutl-fafa, ke wotsɔa aʋa ɖe amesi mena nu wo, be woaɖu o ŋu la, enye si:


Ɖo ame ɖa, ne woagblɔ na aboyomeawo katã bena: Ale Yehowa gblɔ ɖe Semaya, Nexelamitɔ ŋu enye si: Esi Semaya gblɔ nya ɖi na mi, evɔ wònye nyemedɔe o hafi, eye wòna miele dzi ɖom ɖe alakpanya ŋu la,


Ɖe nèle bubum be, numenya ƒuƒlu enye aɖaŋuɖoɖo kple ŋusẽ hena aʋawɔwɔa? Azɔ tso, ameka ŋu nèle dzi ɖom ɖo, be nedze aglã ɖe ŋunye?


Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o.


Yehowa be: Migano mia ɖokui ɖum anɔ gbɔgblɔm be: Kaldeatɔwo adzo le mía ŋu kokoko o; elabena womelé tutu ge adzo o.


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite