Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 5:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 5:33
10 Referans Kwoze  

Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene;


Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene,


Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.


Ne wose fia ƒe se, si wòde le eƒe fiaɖuƒe blibo, si nyadri la me la, ekema nyɔnuwo katã abu wo srɔ̃wo tso tsitsiawo dzi vaseɖe ɖeviawo dzi,


Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?


Tete Bat-Seba bɔbɔ ɖe fia la ŋku me hede ta agu gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia nanɔ agbe tegbee.


Nyɔnuvi, see, kpɔ nu, eye naƒu to anyi, wò ŋku nedzo le wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe dzi,


Nya ɣaɣla sia lolo, ke nye la mele egblɔm le Kristo kple hame la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite