Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 5:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti da blibo, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 5:16
18 Referans Kwoze  

Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Eyata nunyala ƒe nu nede gã le ɣemaɣi, elabena ɣeyiɣi vɔe wònye.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi viaɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o; eye amesi le azɔli zɔm le viviti me la, menyaa afisi wòyina o.


Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.


Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo;


Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


amesi tsa eɖokui hena le mia nuvɔ̃ ŋuti, bene yeaɖe mí atso xexeme vɔ̃ɖi, si li fifia me le Mawu, mía Fofo, ƒe lɔlɔ̃nu la nu,


Azɔ mesusu bena, esia nyo le hiãkame, si gbɔna fifi la ŋuti bena, enyo na ame be, wòanɔ anyi nenema.


Ŋu makpa wo le ŋkeke vɔ̃wo dzi o, eye woaɖi ƒo le dɔŋɔli.


eye mitso dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyuie la bla miaƒe afɔ gɔme.


Ma nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena menya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.


Eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, ɣe gale dzi, eye womaƒo alẽwo nu ƒu haɖe o. Mina tsi alẽawo woano, emegbe miana woagaɖu gbe.


Fia la xɔ edzi gblɔ bena: Medze sii keŋ be, ɣeyiɣi ko dim miele, elabena miekpɔ be, meɖo tame kplikpaa.


Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite