Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke esi wòyi dzi la, nukae, negbe ɖeko bena wòyi anyi me ɖe anyigba ƒe nutowo me hã hafi?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 (“Eɖi va anyi” gɔme ɖe? Egɔmee nye be eɖi va anyigba, yi ɖe keke anyigba tume ke.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:9
22 Referans Kwoze  

Eye amea ɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.


elabena abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe ɖɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.


Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.


Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?


ekema nye luʋɔ kuna ɖe ŋuwò; wò nuɖusi vaam goŋgoŋ.


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu?


Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.


Ebɔbɔe ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo; ŋutikɔkɔe kple bubu nètso ɖɔ nɛ, eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo katã nu,


Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la, ne meɖi ɖase le nye ŋutɔ ɖokuinye ŋuti hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe; elabena menya afisi metso va kple afisi meyina; miawo la mienya afisi metso va alo; afisi meyina o.


Azɔ, ne míakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo, afisi wòtso la, yim ɖe?


Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, menye abe esi fofoawo du, eye woku la ene o, amesi ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbetegbe.


Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.


Tete Yudatɔwo li liʋiliʋi le eŋuti; elabena egblɔ bena: Nyee nye abolo, si di tso dziƒo va.


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Mi dziƒowo, mitso aseye, elabena Yehowa wɔe wòde go! Mi anyigba ƒe agunuwo, mido aƒa! Mi towo, avewo kple wo me nuwo katã, mitso aseye hoo, elabena Yehowa ɖe Yakob, eye wòdo kɔkɔe eɖokui ɖe Israel ŋu.


Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o.


Tete Yehowa ɖi va Sinai-to la tame, eye Yehowa yɔ Mose, be wòava Sinai-toa tame, eye Mose ha to la.


ne ati, siwo katã le tɔ to, magaƒo adegbe le woƒe koko ta, woƒe ɖɔmee magato alilikpo, eye woƒe ŋusẽtɔ, siwo katã nye tsinolawo la, magaɖo dzi ɖe wo ɖokui ŋu le woƒe gãnyenye me o! Elabena kuviwo wo katã wonye, eye wòayi tsieƒe abe amegbetɔvi, siwo yi aʋli me la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite