Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka, abe alesi ke woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖekae li, abe ale si woyɔ mi na mɔkpɔkpɔ ɖeka ene.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:4
28 Referans Kwoze  

Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la


eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,


Ke azɔ la ŋutinu geɖewo li, gake ŋutilã ɖeka hɔ̃ koe.


le mɔkpɔkpɔ, si wodzra ɖo na mi le dziƒowo me, si miese tsã le nyanyuie ƒe nyateƒenya la me la ŋuti,


elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


Eye amesiame, si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ sia ɖo eyama dzi la, eya kɔ eɖokui ŋuti, abe alesi eya hã ŋuti kɔ ene.


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


Ke mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mi, eye wotsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la,


Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!


amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.


eye wòlé avu le wo ame eve la siaa kple Mawu dome le ŋutilã ɖeka me to atitsoga me, esi wòwu adikã la le eɖokui me.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Wò Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, wò eƒe xɔnametɔ le hiãɣi, nukaŋuti nèbe, yeanɔ anyigba la dzi abe amedzro ene, eye abe mɔzɔla, si tu eƒe agbadɔ, be woatsi adɔ la ene?


bena mí amesiwo wotso afia na to eƒe amenuveve me la, míazu agbe mavɔ ƒe domenyilawo le nukpɔkpɔ la nu.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo le Mawu, mía xɔla, kple Kristo Yesu, si nye míaƒe mɔkpɔkpɔ la, ƒe sedede la nu,


Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mi ame geɖewo míenye, elabena mí katã mieɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.


Elabena ne amesi gbɔna la, le gbe ƒã ɖem Yesu bubu, si míeɖe gbe ƒãe o la, alo ne miexɔ gbɔgbɔ bubu, si miexɔ tsã o la, alo miexɔ nyanyuie bubu, si miexɔ tsã o la, ekema mieɖoa dzi xɔnɛ nyuie!


Ke boŋ to Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve me la miexɔe se bena, míakpɔ xɔxɔ abe woamawo ke ene.


Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame ƒe nu ɖoŋuɖeŋua enye Yehowa!


elabena Mawu ƒe amenuvevenunanawo kple yɔyɔ megavenɛ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite