Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:32
34 Referans Kwoze  

Eye ne miele tsitre le gbe ɖom ɖa, eye nyaa ɖe le miaƒe dzi me ɖe amea ɖe ŋu la, mitsɔe kee, bena mia Fofo, si le dziƒowo la, natsɔ miaƒe vodadawo hã ake mi.


Ke amesi ke mietsɔ nane ke la, nye hã metsɔe kee, elabena nye hã, ne matsɔ nane ke la, metsɔe ke le mia ta Me Kristo ƒe ŋku me,


Azɔ la mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene,


Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;


Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o,


Eye ne ewo nuvɔ̃ ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi, eye wògatrɔ zi adre va ɖe kuku na wò la, tsoe kee.


Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!


Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.


Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpala nagami nenem me sia o.


Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dometɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.


le dzadzɛnyenye me, le sidzedze me, le dzigbɔgbɔ blewu me, le dɔmenyonyo me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe me, le lɔlɔ̃, si me alakpa mele o la me,


Eye tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke mí; elabena mía ŋutɔwo hã mietsɔnɛ kea amesiame, si nyia fe le mia si! Eye megalala mí yi ɖe tetekpɔa me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!


le míaƒe Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ŋuti, esime kekeli dze tso dziƒo ʋĩ va kpɔ mí ɖa,


Ame dzɔdzɔe kuna, eye medea dzigbɔ na amea ɖeke o, woɖea mawumemewo ɖa, ke amea ɖeke medzea sii be, vɔ̃ɖiwɔwɔ nu woɖea ame dzɔdzɔe ɖa le o.


Dɔmenyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃, ahedada nyo wu alakpadada.


Ame dzɔdzɔe sea veve na eƒe lãwo ti; ke dzi kplala li na ame vɔ̃diwo.


Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.


eye le mawusosroɖa me la nɔvilɔlɔ̃ eye le nɔvilɔlɔ̃ me la lɔlɔ̃ na amewo katã.


Eye menye dɔmenyonyo via ɖe afimatɔwo wo na nu o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mi katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti.


Le wò nya kple wò tamesusu ta nèwɔ nu gã siawo katã, bena nana wò dɔla nanyae.


Amesi gbee dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wonye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.


Tete Kusitɔ Ebed-Melex gblɔ na Yeremya bena: Tsɔ ɖovu kple ava nyunyɔwo de atagbiawo te le wò axato eveawo me, eye Yeremya wo nenema.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite