Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:29
41 Referans Kwoze  

Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.


Eyata mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo, abe alesi miewɔna hã ene.


Nyia, si tso nunyala nu la, nyo; ke bometsila ƒe nuyi gblẽa eya ŋutɔ ɖokui dome.


Nunyalawo ƒe nuyiwo le dzodzo dom sidzedze; ke bometsilawo ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o.


Nuyiwo ƒe ɖaɖaƒu enye mɔ̃ na vɔ̃ɖitɔ la; ke ame dzɔdzɔe sina le hiã nu.


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


Amesi si dzi nyanu le la, woyɔna be nugɔmesela; nya vivi dzia nufiame ɖe dzi.


Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.


le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me.


Ame ƒe nu ƒe nya ŋuɖoɖo doa dzidzɔ nɛ; eye aleke nya, si wogblɔ de egblɔɣi la, mehevivinae oa?


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?


Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye ketɔwo ta; ta wò mɔ ɖe ŋgɔnye!


Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo,


amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.


bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu,


Nye aɖe hã aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu daa; elabena ŋukpe le amesiwo di nye dzɔgbevɔ̃e la, eye woƒe mo tsi dã.


Nya nyuiwo le fiefiẽm le nye dzi me wlɔwlɔwlɔ. Mebe: Nye hawo nye fia la tɔ; nye aɖe enye amesi bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la, ƒe nuŋlɔti.


Elabena esi wogblɔ yakanya lolo gãwo la, wotsɔ ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple hadzedze vɔ̃wo ble amesiwo si fifi laa tso mɔtrelawo gbɔ.


Ke ne mele ha me la, mele didim bena, matso nye tamesusu agblɔ nya atɔ̃, bene mafia nu ame bubuwo hã awu esi matsɔ gbegbɔgblɔ agblɔ nya akpe ewo.


Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome?


Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu;


Eye nusrɔ̃la eveawo se eƒe nuƒoƒo, eye wodze Yesu yome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite