Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:26
22 Referans Kwoze  

Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me;


Ke mínyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe.


Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!


Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.


Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ ɖoa boblo bometsitsi.


Amesi gbee dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wonye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Aron nayi tɔgbuiawo gbɔ; elabena mele anyigba, si matsɔ na Israel-viwo la, dzi de ge o, le esi miesẽ to ɖe nye sea ŋu le dzrewɔtsia gbo la ta.


Ke esi Yesu kpɔe la, menyo eŋu o, eye wògblɔ na wo bena: Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la.


Anyieheya hea tsidzadza vɛ, nenemae ame ŋu liɖe nana mo vena heliheli.


Emegbe ŋutiwò me siawo katã ava gbɔnye, eye woade ta agu nam agblɔ bena: Wò ŋutɔ kple amesiwo katã le ŋuwò la, miyi! Emegbe hafi madzo Eye wòdzo le Farao gbɔ kple dziku gã ŋutɔ.


Gbemagbe ke naxe fe nɛ, eye ɣe megaɖo to ɖee o, elabena ame dahe wònye, eye eya ŋu eƒe ŋku le, ne magayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatrɔ zu fɔɖiɖi na wò o.


elabena ame ƒe dziku mewɔa Mawu ƒe nu dzɔdzɔe o.


Eye dzi ku Yonatan vevie, wòtsi tre le kplɔ̃a ŋu, eye meɖu nu le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi o; elabena ele nu xam le Dawid ta, elabena fofoa do ŋukpee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite