Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 ke boŋ mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee,

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:23
11 Referans Kwoze  

Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


Elabena ŋutilãnudidi la enye ku, ke gbɔgbɔnudidi la enye agbe kple ŋutifafa;


Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu, siwo nèŋe la, nagli kple dzidzɔ!


eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu,


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


Mana dzi yeye mi, eye maɖe gbɔgbɔ yeye mia me, maɖe kpedzi la le miaƒe dɔ me, eye mana lãkusidzi mi.


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


Miɖe miaƒe dzi, siwo katã mieda ɖe ŋunye la ɖa, eye miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokui. Israel ƒe aƒe, nukaŋuti miehe, yewoaku?


Mana dzi bubu wo, eye maɖe gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo,


Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


Eyaŋuti esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakple bene abe alesi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke miawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite