Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 ke boŋ la mianye anukwaretɔwo le lɔlɔ̃ me, eye le nusianu me míatsi ali ke ɖe Kristo, si nye ta la me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 ke boŋ míagblɔ nyateƒe na mía nɔewo le lɔlɔ̃ me, ale be le nuwo katã me la, míatsi, ali ke le Kristo, ame si nye ta na hame la me.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:15
21 Referans Kwoze  

Viwo, migana miatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ miatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


Nusiwo miawɔ la, wonye esi: Amesiame neto nyateƒe na ehavi, midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eleƒe le ŋutifafa me le miaƒe ablɔwo me!


Esi mieto Gbɔgbɔ la me wɔ miaƒe luʋɔwo kɔkɔe le toɖoɖo nyateƒe la me hena nɔvilɔlɔ̃, si me alakpa mele o la, eyata milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi dzadzɛ me.


Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


amesi me wokpe xɔtutu blibo la katã ɖo, eye wòtsi zu mawuxɔ kɔkɔe le Aƒetɔ la me,


eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame,


eye abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xoxo la,


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.


Ke míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye miezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye miebaɖa mawunya hã o, hafi boŋ mietsɔa nyateƒe ƒe ɖeɖefia ɖea mía ɖokui fiãa amewo katã ƒe dzitsinya le Mawu ƒe ŋku me.


Woayra amesi Yehowa mehe vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpaa ɖeke meli o.


Eye wògblɔ ne bena: Aleke nègblɔ be, yele lɔ̃yem, gake wò dzi meku ɖe ŋunye o? Zi etɔ̃ enye si nèblem, eye mègblɔ nusi me wò ŋusẽ gã la le la nam o.


Nyemele egblɔm abe sedede ene o, ke boŋ metsɔ ame bubuwo ƒe veviedodo do miaƒe lɔlɔ̃ hã ƒe vavãnyenye kpɔ.


Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite