amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme.
Ke ne etso amenuveve me la, magatso dɔwɔwɔwo me o, elabena ekema amenuveve maganye amenuveve o; ke ne etso dɔwɔwɔwo me la, meganye amenuveve o, elabena ekema dɔwɔwɔ maganye dɔwɔwɔ o.
elabena esime mekpɔ dzi vi haɖe o, eye womewɔ nyuia ɖeke alo vɔ̃a ɖeke hã o la, bene Mawu ƒe tameɖoɖoɖi nanɔ anyi le tiatia la nu, menye tso dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ tso amesi yɔna la gbɔ —