Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 egba agbe mi amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo me la, kple Kristo — amenuveve wòtso ɖe mi —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 2:5
20 Referans Kwoze  

eye wotso afia na wo faa le eƒe amenuveve me to fexexeɖeta, si nye Kristo Yesu ta la me,


(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae;


Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la.


Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.


Ke boŋ to Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve me la miexɔe se bena, míakpɔ xɔxɔ abe woamawo ke ene.


Eye wògba agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me,


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetso xoxo vɛ na amewo katã,


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,


Elabena Kristo gɔ̃ hã, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la, eku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le azãgbe, si woɖo ɖi la me.


Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!


Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


Elabena sigbe alesi Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wògbɔa agbe; wo la, nenema ke Vi la hã agbɔ agbe amesiwo wòlɔ̃na.


Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple ame kɔkɔeawo katã! Amen.


elabena vinyeŋutsuvi sia ku, eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe. Eye wode asi dzidzɔkpɔkpɔ me.


Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite