Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 2:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 2:22
12 Referans Kwoze  

Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa?


Eye míawo miedze si lɔlɔ̃, si Mawu tsɔ lɔ̃a mí, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye amesi nɔa lɔlɔ̃ la me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.


Esia me míedze sii le bena, míenɔa eyama me, eye eya hã nɔa mía me; elabena etsɔ eƒe Gbɔgbɔ la ƒe ɖe na mi.


Eye amesi léa eƒe seawo me ɖe asi la, enɔa eme, eye eya hã nɔa eme. Eye esia me miedze sii le be, enɔa mía me, le Gbɔgbɔ, si wòna mi la ta.


bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me,


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite