Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 2:17
22 Referans Kwoze  

Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Elabena mia kple mia viwo kple amesiwo katã le adzɔge kple ame geɖe alesi nu Aƒetɔ, mia Mawu la, ayɔ vɛ la, tɔe nye ŋugbedodo la.


Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Ewu eƒe dukɔ ƒe dzo ɖe dzi, eyata kafukafu neɖi le eƒe mawumemewo katã, Israel-viwo, dukɔ, si tsɔ ɖe egbɔ la nu! Mikafu Yehowa!


Elabena dukɔ gã kae li, si ƒe mawuwo tsɔ ɖe egbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, tsɔ ɖe mía gbɔ ene, ne mienyã yɔe ko?


Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Eyata azɔ míenye ame dɔdɔwo le Kristo teƒe, abe alesi Mawu le nu xlɔ̃m to mía dzi ene, eye míeɖea kuku le Kristo teƒe bena: Mina woalé avu le mia kple Mawu dome!


Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.


negbe ɖeko woava sim atso, eye woawɔ ŋutifafa kplim hafi, ŋutifafa ko woawɔ kplim hafi!


Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ne bubu nanɔ míaƒe anyigba ŋu.


Megagblẽ nu o! Hadzidzi, Asaf ƒe ha na henɔ la.


Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?


nenye ɖe miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eme, alesi nyateƒe la le Yesu me;


Alo nyɔnu ka si klosalo ewo le, ne ebu ɖeka la, ɖe masi akaɖi, eye wòakplɔ xɔa me, eye wòaɖi vevie, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite