Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 1:9
28 Referans Kwoze  

amesi ɖe mí, eye wotsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mí; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu, si wòtsɔ na mi le Kristo Yesu me, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme.


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


le tameɖoɖo, si woɖo ɖi le ŋɔli mavɔwo me, esi nu wowu le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la nu,


Elabena nye hã nyemexɔe tso ame si me, eye nyemesrɔ̃e hã o, ke boŋ mexɔe to Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia me.


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,


Eye esi trɔ̃subɔlawo see la, dzi dzɔ wo, eye wokafu Aƒetɔ ƒe nya la; eye ame alesi nu woɖo ɖi na agbe mavɔ la, xɔe se.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.


be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Yehowa be: Nukaŋuti miele dzre wɔm kplim? Mi katã mieto vo ɖe ŋunye.


Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee, eye eƒe dzimesusuwo tso dzidzime yi dzidzime.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


Ke esime wòdze Mawu, si tiam le danye ƒe dome ke, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm la ŋu,


esi wòna wògba go na mí le nunya katã kple aɖaŋudzedze katã me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite