Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 kple nusi nye eƒe ŋusẽ ƒe gãnyenye, si ƒo wo katã ta la, na mí amesiwo xɔna sena le eƒe ŋusẽ gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ la nu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 kple eƒe ŋusẽ gã triakɔ si wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 1:19
19 Referans Kwoze  

Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la,


eye woɖi mi kpakplii le mawutsidedetaname me, amesi me wofɔ mi ɖe tsitre hã le to Mawu, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ dzixɔse la me.


Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


esi ƒe subɔla mezu le Mawu ƒe amenuvevenunana, si wòtsɔ nam la nu, le eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ, si nu sẽ la nu;


Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.


Esiata hã miedoa gbe ɖa ɖaa le mia ta, bena mía Mawu nabu mi be, miedze yɔyɔ la, eye wòawu dɔmenyonyo ƒe ŋudzedze; katã kple xɔse ƒe do la nu le ŋusẽ me,


Amekae xɔ nya, siwo wogblɔ na mí la dzi se, eye ameka ŋue Yehowa ƒe alɔ ɖe eɖokui fia ɖo?


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Eyata ne amea ɖe le Kristo me la, eya nye nuwɔwɔ yeye: Xoxotɔ la nu va yi, kpɔ ɖa, nuwo katã zu yeye!


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite