Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 9:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wò avɔwo nefu ɣeawokatãɣi, eye ami megagbe wò tamenɔnɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 9:8
15 Referans Kwoze  

Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim.


Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.


Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si amea ɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre de fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi,


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Nyemeɖu nu vivia ɖeke o, la kple wein mede nu me nam o, eye nyemesi ami hã o, vaseɖe esime kwasiɖa etɔ̃awo ɖe.


Eɖo kplɔ̃ ɖe akɔnye me le nye ketɔwo ŋku me; èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gba go.


Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Eye fia la gblɔ na Simei bena: Mèle kuku ge o! Eye fia la ka atam nɛ.


Eyata le tsi nasi ami, eye naɖe avɔ ata ahayi lugbɔƒe la; ke megana ŋutsu la nadze si wò o, vaseɖe esime wòaɖu nu, eye wòano nu vɔ hafi!


Ke wò la, ne èle nu tsim le dɔdɔm la, si ami ɖe ta, eye nafu mo,


mi amesiwo noa wein le vɔsatrewo me, eye miesa ami veviwo, eye Yosef ƒe abixɔxɔ metsɔa fu lã me na mi o!


Tete Yoab dɔ ame ɖe Tekoa woɖakplɔ nyɔnu dzeaɖaŋua ɖe vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Taflatse, wɔ ɖokuiwò, abe aho wum nèle ene, eye nata ahovɔ, megasi ami o, eye nanɔ abe nyɔnu, si le aho wɔm na ame kuku eteƒe didi ene!


Mesi ami ɖe ta nam o; ke eya la tsɔ ami hesi ɖe nye afɔwo ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite