Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 9:7
24 Referans Kwoze  

Ɖe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.


Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa ŋku me, le nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, yra mi mietsɔ miaƒe asiwò wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.


Eyata mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyuia ɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ana nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe alo eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea le la ƒe agbagbadzedzewo me.


Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.


hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke venɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.


Le ŋkeke enyiagbe la edo mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wo na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.


Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, viwò le agbe. Eye ame la xɔ nya, si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòyi.


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Eye wògblɔ nɛ bena: Le nya sia ŋuti la heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go tso viwònyɔnuvi la me.


Nukaŋuti nègblɔ bena, ye nɔvinyɔnue, eye mena wòzu srɔ̃nye mahã? Ke azɔ kpɔ ɖa, meɖe asi le srɔ̃wò ŋuti na wò, kplɔe yii!


Eye nunɔla nanyè wo le Yehowa ŋku me, nu kɔkɔewo wonye hena nunɔla la kpe ɖe akɔ, si wonye kple ata, si nye adzɔ la ŋu. Emegbe amesi ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu la, kpɔ mo ano wein.


Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbelɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.


Elabena ne amegbetɔ nɔ agbe ƒe geɖe la, nekpɔ dzidzɔ le wo katã me, eye wòanɔ ŋku ɖom vivitidogbe dzi be, wole agbɔ sɔ ge; nusiwo katã le vavam la, toflokowoe.


Esi Boas ɖu nu no nu, eye eƒe dzi gbɔ ɖe eme la, eyi be, wòamlɔ anyi ɖe lu, siwo woƒo ƒu la, ƒe mlɔenu. Ke eva dzaa, eye wòklo avɔ le afɔgbɔ nɛ hemlɔ anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite