Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 9:5
18 Referans Kwoze  

Ame kukuwo me gagbɔa agbe o, eye ŋɔliwo megafɔna o; eyata nèhe to na wo hetsrɔ̃ wo, eye nètsi woƒe ŋkɔwo katã nu.


Ŋku dzo le blematɔwo dzi, nenema ke amesi gbɔna dzadza ge hã, wo yometɔwo maɖo ŋku wo dzi o.


Yehowa, trɔ kɔ, ne naɖe nye luʋɔ, xɔ nam le wò amenuveve la ta!


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Ne bubu le viawo ŋu la, menyanɛ o, eye ne woɖi gbɔ la, medzea sii o.


Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.


ke boŋ woana Yehowa ŋku me ɖaa, eye netsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi!


Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.


Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.


Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


Elabena amesi gale ha dem kple agbagbeawo ko le mɔkpɔkpɔ le esi; elabena avu gbagbe nyo wu dzata kuku.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Elabena ele be, míaku, eye míele abe tsi, si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene; eye Mawu medea amea ɖeke ɖa o, ke boŋ ebua eme kpɔna be, ne maganyã amesi wonyã la ɖa le eɖokui gbɔ o.


Ɖe woaɖe wò nukunuwo afia le viviti me, eye wò dzɔdzɔenyenye afia le anyigba, si dzi woŋlɔa nu be lena la dzia?


Emegbe la nyɔnu la hã ku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite