Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 9:2
22 Referans Kwoze  

Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.


Wo katã le ɖeka! Eyata mebe: Ame maɖifɔ kple fɔɖila siaa wotsrɔ̃na.


Ke azɔ la yewole dadalawo kafum; nu vɔ̃ɖi wɔlawo li ke, eye esi wote Mawu kpɔ la, wosi le enu oa?“


Enyo, ne ele esia ɖe asi sesie, eye ekemea hã niege le asiwò o; elabena amesi vɔ̃a Mawu la, ƒoa asa na wo katã.


Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.


Eye nenye ƒe akpe eve wona agbe, ke meɖu agbe o la, ɖe menye teƒe ɖeka wo kam woyi oa?


Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Eye esi dukɔ la va avee me la, kpɔ ɖa, anyitsi le sisim; gake amea ɖeke metɔ asi eme de nu me o, elabena dukɔ la le atam la vɔ̃m.


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, fia vinyɔnuwo kple amesiwo katã fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi si me la, hekpe ɖe nyagblɔɖila Yeremya kple Barux, Neriya vi la ŋu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite