Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 8:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Nu dzodzroa wònye dzɔna le anyigba dzi be: Ame dzɔdzɔea ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le eme vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔwɔ nu, eye ame vɔ̃ɖia ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le ame dzɔdzɔewo ƒe nuwɔwɔ nu. Mebe: Esia hã toflokoe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko!

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 8:14
16 Referans Kwoze  

Nusiwo katã mekpɔ le nye agbe me ŋkeke ƒuƒluawo me la, enye esi: Ame dzɔdzɔea ɖewo tsrɔ̃na ɖe woƒe dzɔdzɔenyenye me, eye ame vɔɖia ɖewo nɔa agbe ɖiɖie ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ me.


Ke azɔ la yewole dadalawo kafum; nu vɔ̃ɖi wɔlawo li ke, eye esi wote Mawu kpɔ la, wosi le enu oa?“


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.


Nukaŋuti ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe, wokua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi?


Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?


Mekpɔ nu vɔ̃ɖia ɖe le ɣea te, esɔ kple dziɖula ƒe ɖaɖaƒu


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ o, eye mebu vɔ̃a ɖeke ɖe Mawu ŋu o.


Kpɔ ɖa, mi katã miekpɔe. Nukaŋuti miege ɖe susu dzodzro siawo me?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite