Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:9
24 Referans Kwoze  

Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me;


Dɔmedzoetɔ wɔa bometsinu; woalé fu amesi ɖoa aye ɖe tame


Dzi gbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.


Eye Herodia lée de dɔme, eye wòle didim be, yeawui, ke mete ŋui o,


Eye Mawu gblɔ na Yona bena: Ɖe nèle dziku dom ɖe eteƒe le treklɔnu la taa? Eɖo ŋu bena: Tɔnye dzɔ be, mado dziku, vaseɖe esime maku.


Tete Yuda-ŋutsuwo katã ɖo ŋu na Israel-ŋutsuwo bena: Le esi fia la tsɔ mía gbɔ la tae! Nukaŋuti miele dɔmedzoe dom le nya sia ŋuti? Ɖe mieɖu fia la ƒe nanea? Alo ɖe míexɔ nunana le esia?


Ke Absalom megblɔ nya vɔ̃ alo nyuia ɖeke na Amnon o; elabena Absalom lé fu Amnon, le esi wogblẽ nɔvianyɔnu Tamar ta.


Eye Absalom de se na eƒe ɖekakpuiwo bena: Miɖo ŋku anyi; ne wein na Amnon le dzidzɔ kpɔm, eye megblɔ na mi be: miwu Amnon la, ekema miwui, eye migavɔ̃ o; esi wònye nyee de se na mi ɖe! Milé dzi ɖe ƒo, eye miwɔ ŋutsu!


Eye esi wòɖo go yi la, egblɔ na dadaa bena: Nuka mabia mahã? Ke eya gblɔ bena: Bia Yohanes, mawutsidetanamela, ƒe ta.


Ke Yonadab, Dawid nɔvi, Simea ƒe vi, xɔ dzi gblɔ bena: Nye aƒetɔ megabu be, wowu ɖekakpuiviawo katã, siwo nye fia viwo la o, ke boŋ Amnon ɖeɖe koe ku; elabena Absalom ƒe nu me nya la tso, wòɖoe tso gbesigbe wògblẽ nɔvianyɔnu Tamar.


Esia megbe la Kain gadɔ nu kple nɔvia Habel. Ke eva ve me bena, esime wole gbe me la, Kain tso ɖe nɔvia Habel ŋuti, eye wòwui.


Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ ɖoa boblo bometsitsi.


Megagblɔ be, nukata tsa ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.


Megatsi klokloklo dzi de dzrewɔwɔ ŋu o, elabena nuka nawɔ emegbe, ne hawòvi do ŋukpe wòa?


Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe.


Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite