Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Megawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye meganya nu tso eme akpa o; nukaŋuti nébe, yeaɖe ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o eye mèganya nu tso eme akpa o. Nu ka ta nàwu ɖokuiwò?

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:16
25 Referans Kwoze  

Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Nu èkpɔ anyitsi la, noe ɖe wò dɔ nu, ne megati wò, eye wòado le nuwò emegbe o.


Migana amea ɖeke nate dziɖuɖufetu la mi o, alesi wole didim le ɖokuibɔbɔɖeanyi kple mawudɔlawo ƒe subɔsubɔ me, eye wòge ɖe nusiwo mekpɔ kpɔ o la me, eye eƒe ŋutilãtamesusu ɖoe ɖe dzi glodzoo dzodzro,


Nusiawo tɔgbe xɔ nunya ƒe ŋkɔ le subɔsubɔ, si woa ŋutɔwo tia kple ɖokuibɔbɔɖeanyi kpakple ŋutilã ƒe fuwɔwɔ mè; menye le bubunua ɖeke me o, ke boŋ hena ŋutilã ƒe ƒoɖiɖi.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Hekpe ɖe esia ŋu la, vinye, na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋufilã ŋu.


Esi nyɔnu la kpɔ bena, ati la nyo na ɖuɖu, ebiã ŋu na ame, eye wòdzroa ame, eye wònana wodzea nunya la, egbe eƒe tsetsea ɖe heɖu, eye wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã woɖu.


Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana.


Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia!


amesiwo xea mɔ na srɔ̃ɖeɖe, eye wogblɔna be, woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la.


le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye.


Eye wogaŋlɔ be: „Aƒetɔ la dzea si nunyalawo ƒe susuwo bena, wonye dzodzro.“


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Tete Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo kple farisitɔwo mietsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã?


hegblɔ na amegbetɔwo be: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la vɔvɔ̃ enye nunya, eye vɔ̃tsitsri enye gɔmesese.


Ale gegeme hã adze nunya, eye woadzi gbetedzivi wòazu ame.


Eye wolɔ kewɔ kɔ ɖe la me, eye wodo ɣli le avi fam hele konyi fam le gbɔgblɔm bena: Baba na wò, baba na wo du gã, si me amesiwo katã si ʋu le le ƒu dzɔ la, tro zu kesinɔtɔwo le eƒe kesinɔnyenye ŋuti! Elabena wotsrɔ̃e le gaƒoƒo ɖeka me.


Elabena mele ɖase ɖim na wo bena, wole ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze o.


Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieɖɔa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo ɖo, eye miewɔa leke na ame dzɔdzɔewo ƒe ɖiƒewo


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite