Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ɖe ŋku ɖe Mawu ƒe ɖɔwo; elabena ameka hadzɔ nusi wòglɔ̃ la?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi. Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:13
19 Referans Kwoze  

Womete ŋu adzɔ nu gɔglɔ̃ o, eye nusi kpɔtɔ la, womate ŋu axlẽe akpe ɖe nu ŋu o.


Kpɔ ɖa, ne egbã nane la, amea ɖeke megatunɛ o, eye ne ede ame xɔ la, amea ɖeke meʋunɛ o.


Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.


Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne


eya, amesi me míexɔ domenyinyi la hã le, esime woɖo mí ɖi le amesi wɔa nuwo katã le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe adaŋudede nu la, ƒe tameɖoɖoɖi la nu,


Elabena ne Yehowa Zebaot ɖo nu ɖe ta me la, ameka agble eme, eye ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ameka agbugbɔe?


Amesi nye nunyala la, nelé ŋku ɖe esia ŋu, eye wòadze si Yehowa ƒe amenuveve!


Azɔ la nèle gbɔgblɔ ge nam bena: Nukaŋuti wògahea nya? Elabena ameka ate ŋu atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti mahã?


Elabena egblɔ na Mose bena: „Makpɔ nublanui na amesi ke makpɔ nublanui na, eye nye dɔme atrɔ ɖe amesi ke ŋuti nye dome atro ɖo la ŋuti.“


Nyee li tso tititi ke, eye amea ɖeke maxɔ ame le asinye o; ne mewo nu la, ameka atrɔe?


Hiob, lé to de esia ŋu, zi ɖoɖoe, eye nalé ŋku de Mawu ƒe nukunuwo ŋu!


Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.


Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


Ne eva tso me yi, ele ame, eye wòɖi ʋɔnu la, ameka axe mɔ nɛ?


Kpɔ ɖa, ehoa nu kple ke, ameka axe mɔ na? Ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle?


mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.


Azɔ, esi miate ŋu le nu suetɔ wɔm o la, nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le nu mamleawo ŋuti mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite