Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye; Nunya léa amesi si wole la ƒe agbe ɖe te.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu, gake nyui geɖe le nunyalanyenye me.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:12
25 Referans Kwoze  

Elabena amesi ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe, eye wòkpɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.


Agbeti wònye na amesiwo lee ɖe asi, eye woayra amesi vãe goŋgoŋ la.


edzraa dzɔgbenyuie vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, akpoxɔnu wonye na amesiwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Eye menya bena, eƒe se la enye agbe mavɔ. Eyaŋuti nusiwo ƒe nu meƒona, abe alesi Fofo la gblɔ nam ene la, nenema me, ƒoa nui.


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Tete ŋuve gblɔ na atiawo bena: Nenye nyateƒe to gblɔm miele be, miasi ami nam manye fia ɖe mia dzi la, ekema miva bè ɖe nye vɔvɔli te! Ne menye nenem o la, ekema dzo ado tso ŋuve la me, eye wòafiã Libanon ƒe sedertiwo!


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


eye dziɖeɖi, xɔname geɖe, nunya kple sidzedze anɔ wò ŋkekewo me; Yehowa-vɔvɔ̃ anye wò kesinɔnu.


Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.


Elabena wò ŋkekewo asɔ gbɔ to dzinye, eye agbenɔƒewo adzi ɖe edzi na wò.


Tamebubu akpa dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò,


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi.


Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Amesiwo mebia nye nu me gbe se, hafi yi Egipte, be wòasi Farao ƒe ŋusẽ atso, eye woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te o.


Ame dahe ƒe hatiwo ke hã léa fui; ke xɔlɔ̃ bɔ ɖe kesinɔtɔ si.


Tete mekpɔ be, nunya ƒo bometsitsi ta, ahe alesi kekeli ƒo viviti tae ene.


Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.


Tete megblɔ be: Nunya nyo wu ŋusẽ, ke wodoe vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to de eƒe nyawo ŋu o.


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome.


Ɖe woɖaa nuɖuɖu hena dzidzɔkpɔkpɔ, wein doa dzidzɔ na agbe, eye gae wotsɔna kpɔa nuwo katãe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite