Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena nuka nunyala tsɔ wu bometsila, eye viɖe ka ame dahe, si nya zɔzɔ le agbagbeawo ŋku me la, kpɔna?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume?

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 6:8
9 Referans Kwoze  

Ame dahe, si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, nyo wu amesi alakpa le eƒe nuƒoƒo me, eye wonye bometsila.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔƒe nu gbogboawo menana wòɖɔa alɔ̃ o.


Mazɔ le Yehowa ŋku me le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.


Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me.


Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite