Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena tofloko geɖe le ɖrɔ̃ekuku kple nu kpoloe ƒoƒo geɖe me. Ke wò la vɔ̃ Mawu boŋ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mègana wò nu nakplɔ wò de nu vɔ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, “Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe” o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi?

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 5:6
23 Referans Kwoze  

Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


mawudɔla, si ɖem tso nye hiãwo katã me la, ayra ɖeviawo eye woayɔ nye ŋkɔ kple fofonye Abraham kple Isak ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu, wòadzi ɖe dzi, eye woasɔ gbɔ le anyigba la dzi.


Eye nunɔla nalé avu na Israel-viwo ƒe ha blibo la, eye woatsɔe ake wo; elabena ɖe woɖe ŋu ɖi da ƒu, eyata wona nu, be woatsɔ sa dzovɔ na Yehowa, eye wosa nuvɔ̃vɔ le Yehowa ŋku me, le esi woɖe ŋu ɖi da ƒu la ta.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o.


Eyata ele na nyɔnu bena, wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ta dzi le mawudɔlawo ŋuti.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


Ne amegãa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòdi fɔ,


Wò dzi megaʋa ŋu nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ neʋã ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ ɣeawokatãɣi.


Medze sii be, nusiwo kam Mawu wɔ la, anɔ anyi ɖaa, womatsɔ naneke akpee o, eye womaɖe naneke le eme o. Mawu ɖe wòwɔe, alea, be woavɔ̃ ye.


Nyia, si tso nunyala nu la, nyo; ke bometsila ƒe nuyi gblẽa eya ŋutɔ ɖokui dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite