Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 5:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Kpɔ ɖa, nusi nyea mekpe be, enye, eye wòdze ani la, enye be, ame naɖu nu ano nu, eye wòaɖu agbe ɖe eƒe agbagba, siwo katã wodze le ɣea te la ŋuti le eƒe agbe me ŋkeke, siwo katã Mawu tso nɛ la me; elabena esia nye eƒe gome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 5:17
21 Referans Kwoze  

Dzodzroe míefɔa fɔŋli, eye míelalana ʋuu kekeke hafi bɔbɔ nɔa anyi, be miaɖu míaƒe hiãbolo; alea kee wònaa nu eƒe eme vevi la le alɔ̃ mee.


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye atraɖi, eye amesiwo nyrã ɖe ŋunye la, tsɔm wɔ ɖiŋuɖonui.


Eyata wòna woƒe ŋkekewo bu ɖe gbahlaya me kple woƒe ƒewo ɖe ŋɔdzi me.


Ke ame bubu ku, esime eƒe luʋɔ le nu xam, eye mede nu nu nyui ŋu kpɔ o.


Eyata Naeman ƒe anyi la ade ɖe mia kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee! Tete wodzo le eŋku me, eye anyi ƒo ɖe eŋu fu kpii.


Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsua ɖe va kpe mí, eye wògblɔ na mí bena: Mitrɔ gbugbɔ yi fia, si dɔ mi ɖa la gbɔ, eye migblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, nèdɔ ame ɖo ɖa, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku.


Eye Axazya ge tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre nu le Samaria, eye do dze eɖzi. Tete wòdo amewo gblɔ na wo bena: Miyi Mabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub be, ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?


Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa, wò Mawu ƒe agbe: Ne aboloa ɖe le asinye fĩ! Negbe wɔ asiʋlo ɖeka koe le ze me kple ami via ɖe le goe me, eye kpɔ ɖa, meva nake wuwlui fɔ ge, be mayi aɖaɖae, ne mía kple vinyeŋutsu miaɖu, hafi míaku.


Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Elabena eƒe ŋkekewo katã nye vevesese, eye nuxaxa nye eƒe dɔwɔwɔwo, le zã me gɔ̃ hã eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia hã toflokoe!


Nusianu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔa ɖeke na nye dzi o, ke boŋ nye dzi kpa dzidzɔ ɖe nye agbagbadzedzewo katã ŋu, eye esia nye tanye gome tso nye agbagbadzedzewo katã me.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbelɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite