Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne nya vɔ̃a ɖe na kesinɔnu siawo bu, eye wòdzi ŋutsuvi le ekema naneke metsia esi me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 5:13
29 Referans Kwoze  

Tete Lot do go yi ɖagblɔe na toa, siwo le vianyɔnuwo ɖe ge la bena: Mitso, ne míado le ɖu la me, elabena Yehowa le etsrɔ̃ ge! Ke toawo bui nukonyae.


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Nusiawo katã mekpɔ, eye melsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi bena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


Alea wòanɔ na amesiwo katã le viɖe madzɔmadzɔ yome tim lae; aɖe ekpɔlawo ƒe agbe ɖa.


Eye wògaxɔ kesinɔnuawo katã kple nɔvia Lot hã le wo si hekpe ɖe eƒe kesinɔnuawo, nyɔnuawo kple ameha la ŋuti.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo,


Ke srɔ̃a nye kɔ kpɔ megbe, eye wòzu dzekɔ.


Elabena atsi dzodzodzoe le eɖokui me, ke matsɔ eƒe nu veviwo aɖe eɖokuii o.


Alesi wòle tso dadaa ƒe mi me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wole va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o.


Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia!


elabena kesinɔnu menɔa anyi ɖaa o, alo ɖe fiakuku noa anyi na dzidzimeawo katãa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite