Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 3:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Wo katã yia teƒe ɖeka ma, si nye anyi si me wotso kple esi ke woagatrɔ azu,

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 3:20
20 Referans Kwoze  

Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


ekema ŋutilãwo katã nu ayi, eye amegbetɔ agazu ke.


hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Eye nenye ƒe akpe eve wona agbe, ke meɖu agbe o la, ɖe menye teƒe ɖeka wo kam woyi oa?


De amea de nyae be, amegbetɔviwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo ƒe gbɔgbɔ yia anyi me loo?


Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.


Alilikpo buna, eye enu yina; nenema ke, ne amea ɖe yi tsiẽ la, megagbɔna o,


Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela.


Ne mele ŋu ɖom ɖe tsiẽƒe ŋu abe nye aƒe ene, eye meɖo nye aba de viviti me,


Eye ne ekpɔe vɔ la, wò hã nayi tɔgbuiwowo goɔ, abe alesi nɔviwò Aron yii ene.


Ismael ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blave vɔ adre, eye wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.


Ke Abraham ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii hafi wòku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ.


Ke ne wole to yim la, ɖe wo meɖoa asi ɖe dzi oa? Eye ne woɖo dzɔgbevɔ̃e me la, ɖe womeɖoa boboe oa?


Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye.


Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.


Ke ne ŋutsu ku la, emlɔa anyi drana ɖi, eye ne amegbetɔ mia nu la, afika wògale?


Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite