Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko!

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 3:19
18 Referans Kwoze  

Wole tame enye be, yewoƒe xɔwo anɔ anyi tegbetegbe, yewoƒe nɔƒewo anɔ anyi na dzidzimewo katã, eye woyɔa woƒe ŋkɔwo ɖe anyigbawo ŋu.


ayi fofoawo ƒe ƒome, si megakpɔ kekeli kpɔ o la gbɔ.


Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.


Elabena ele be, míaku, eye míele abe tsi, si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene; eye Mawu medea amea ɖeke ɖa o, ke boŋ ebua eme kpɔna be, ne maganyã amesi wonyã la ɖa le eɖokui gbɔ o.


Ne ame siawo aku, abe alesi amewo katã kunae ene, eye woahe to na wo, abe alesi wohea to na amewo katãe ene la, ekema menye Yehowae dɔm o.


Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.


Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi.


Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.


Ke amegbetɔ, si le agbe le atsyɔ̃ɖoɖo me la, mali ke o; esɔ kple lã, eye nuƒoƒo abu ɖee.


Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Eye esi meɖo ta me enyi, be medze si nunya, eye medze si aɖaʋadzedze kple bometsitsi la, medze sii be, esia hã dagbadagba de ya me wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite