Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye megakpɔ le ɣea te be, nu madzɔmadzɔ le ʋɔnuɖrɔ̃ƒe, eye nu madzɔmadzɔ le dzɔdzɔenyenye nɔƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 3:16
15 Referans Kwoze  

Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.


Le afiawo katã la anyigba ƒe viɖe wònye, ne fia tsa agbledede ɖo ɖɔe.


Tete Paulo gblɔ nɛ bena: Mawu aƒo wò, wo gli, si wòsi akalo na: eye wò la èbɔbɔ nɔ anyi hele ʋɔnu drɔ̃mem le se la nu, eve nèda se la dzi heblu bena, woaƒoma?


Ke miawo la miedo vlo ame dahe la. Ɖe menye kesinɔtɔwo sẽa ŋuta le mia ŋuti, eye menye woawoe hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Ke nunɔlagãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo katã le aʋatsoɖaseɖiɖiwo dim ɖe Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Ɖoɖo la gbugbɔ ɖe megbe, eye dzɔdzɔenyenye tsi adzɔge. Elabena nyateƒe le nu klim le kpɔdome, eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.


Nusiawo katã mekpɔ, eye melsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi bena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.


Ne èle ame dahewo teteɖeanyi kple nya dzɔdzɔe tsitsri kpakple dzɔdzɔanyenyetsitsri kpɔm le anyigba dzi la, nya la megawɔ nuku na wò o; elabena ame kɔkɔ le ame kɔkɔ ŋuti dzɔm, ke kɔkɔtɔ le wo katã nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite