Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke be amea ɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 evelia la, ele be wòaɖu nu, ano nu eye wòaɖu agbe kple nu siwo do tso eƒe dagbadagbawo me elabena esiawoe nye nunana tso Mawu gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 3:13
14 Referans Kwoze  

Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


Aɖu wò ŋutɔ asiwò me nu; woayra wo, tɔwò me nyo.


Ne Mawu na kesinɔnu, nu xɔasiwo kple bubu amea ɖe, ale be nusiwo katã wòdina la, mehiãnɛ o, gake Mawu mene ŋusẽe, be wòaɖui o, ke boŋ ame tutɔ naɖul la, tofloko kple vɔ̃ gã wònye.


Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa ŋku me, le nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, yra mi mietsɔ miaƒe asiwò wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.


Eye mia kple Lewito kpakple amedzro, si le gbɔwò la, míakpɔ dzidzɔ le nu nyui, siwo katã Yehowa, wò Mawu, na wò kple aƒewò me towo la ŋuti.


Viwo, miva, milé to ɖe ŋunye, ne mafia Yehowa-vɔvɔ̃ mi!


Mehe le nye dzi me be: Matsɔ wein anyro nye ŋutilã, ke nye dzi natsɔ nunya akplɔm, ne meva bometsitsi goŋgoŋ, eye makpa nusi nyo na amegbefɔviwo be, woawɔ le dziƒoa te le woƒe agbenɔɣi me la.


Eyata mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyuia ɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ana nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe alo eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea le la ƒe agbagbadzedzewo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite