Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; medo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo ne ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu hɔ ɖe asinye kpaŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:8
21 Referans Kwoze  

Eye wotsɔ sika talento alafa ɖeka kple blave kple atike ʋeʋẽe geɖe ŋutɔ kpakple kpe xɔasiwo na fia la; womegatsɔ atike ʋeʋẽe vɛ wòsɔ gbɔ de esi Saba-fianyɔnu la na fia Salomo la nu kpɔ o.


Eye wova Ofir hetsɔ, sika talento alafa ene kple blave tso afima gbɔe vɛ na fia Salomo.


Tete Barsilai ɖo ŋu na fia la bena: Ŋkeke nenie megale agbe nɔ ge, ne mayi Yerusalem kple fia la?


Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade;


mi amesiwo nɔa saŋku ƒom kɔ kple avu, eye mienɔa hã kpam abe Dawid ene;


Eyata miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, seŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne mieɖo gbe ɖa nɛ o le ekema woatsɔ nu aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?


Eyata esi dukɔwo katã, anyigbɔ dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo nya se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo kple saŋkuwo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, wo katã wodze klo hedo gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la.


Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la!


woƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo mele eme o, woawo la ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃ vɔ adre. Woƒe hadzilaŋutsuwo kple hadzilanyɔnuwo le ame alafa eve.


Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ adzralawo ɖe Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ ŋu, eye wòtsɔ wo wɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo; womekpɔ esia tɔgbe le Yuda-nyigba dzi kpɔ tsã o.


Amesiawo katã tsoa gakogoe, saŋku kple kasaŋku ƒoa hãe le Yehowa ƒe aƒe la me le wo fofo Asaf, Heman kple Yedutun ƒe kpɔkplɔ te, abe alesi fia la ɖo ene.


Eye Dawid kple aʋakɔ la ƒe amegãwo ɖa Asaf viwo, Heman viwo kple Yedutun viwo, amesiwo ƒoa kasaŋku, saŋku kple gakogoe la, hena woƒe subɔsubɔdɔ. Dɔwɔla, siwo asubɔ la ƒe xexlẽme enye si:


Ke fia Rexabeam wɔ akɔblikpoxɔnuwo ɖe wo teƒe, eye wotsɔ wo de fia ŋu asrafo, siwo dzɔa fia ƒe aƒe ƒe ʋɔtru nu la, ƒe amegãwo si.


Fia Salomo ƒe nunonuwo katã nye sika, eye sika nyuitɔ wotsɔ wɔ Libanon-avexɔ ƒe nuwo katãe, klosaloa ɖeke mele eme o, elabena le Salomo ŋɔli la womebu eya ɖe nemi me hã o.


Eye Xiram ɖo sika talento alafa ɖeka kple blave ɖe fia la.


Esrɔ̃a, siwo nye fiasrɔ̃wo, le alafa adre, eye eƒe ahiãwo le alafa etɔ̃; eye srɔ̃awo trɔ eƒe dzi.


Nyagblɔla be: Toflokowo ƒe tofloko, toflokowo ƒe toflokoe; nusianu enye tofloko!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite