Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Meƒle kluvliwo kple kosiviwo, eye esiwo wodzi le aƒe me hã nɔ asinye. Nyihawo kple alẽhawo nɔ asinye taŋ wu amesiwo katã nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:7
16 Referans Kwoze  

Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.


Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.


Salomo ƒe dɔlawo viwo nye: Sotai viwo, Soferet viwo, Perida viwo,


Gbedoxɔ me dɔwɔlawo katã kple Salomo dɔlawo ƒe viwo le eme alafa etɔ̃ kple blaasieke vɔ eve.


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Moab-fia Mesa enye lãnyila, eye wòdzɔa alẽvi akpe alafa ɖeka kple agbo akpe alafa ɖeka ƒe fu na Israel-fia.


Eye Abram gblɔ bena: Mèna vim o, eye kpɔ ɖa, nye aƒedzikpɔla anyi ye dome.


Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan.


Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ.


Ke ne dɔla ma gblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la ƒe vava he ɖe megbe, eye wòaɖe asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu, eye wòamu aha;


Salomo dɔlawo ƒe viwo nye; Sotai viwo, Soferet viwo, Peruda viwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite