Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mewɔ dɔ klitsuwo: metu xɔwo, mede weingblewo,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo,

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:4
17 Referans Kwoze  

Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Mele ha dzi ge le xɔ̃nye ŋu, mele xɔ̃nye ƒe ha dzi ge le eƒe weingble ŋu. Weingblea ɖe le xɔ̃nye si le totame wɔnua ɖe.


Nye lɔlɔ̃tɔ, va míado ayi gbe me, eye míanɔ koferseƒoƒowo me.


Nye lɔlɔ̃tɔ nye koferseƒoƒo nam le Engedi-weingblewo me.


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.


Ke Salomo kplɔ Farao vinyɔnu la tso Dawid ƒe du la me yi xɔ, si wòtu nɛ la me, elabena egblɔ be: Srɔ̃nyea ɖeke manɔ Israel-fia Dawid ƒe me o, elabena kɔkɔeƒe wònye, le esi Yehowa ƒe aɖaka la va afima ta.


Simei, Ramatitɔ, le weingblewo nu; eye Zabdi, Sifmitɔ, le wein, siwo wotsɔ tso weingblewo me dzra ɖo la nu.


Nubabla le mía kpli wò dome, le fofonye kple fofowò dome, kpɔ ɖa, mele nunana, si enye klosalo kple sika la, ɖom ɖe wò. Ne ètu nubabla, si le mia kple Israel-fia Baesa dome la, ekema aho adzo le gbɔnye.


Eye wòva me, esime Salomo wui Yehowa ƒe xa kple fia ƒe xɔ tutu kpakple nusiwo katã Salomo ɖo ɖe ta me, be yeawo nu la,


Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.


Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite