Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye amekae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã metso kutrikuku kple nunya dze le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko!

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:19
14 Referans Kwoze  

Ke nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔna wogbea nya ne, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o


Eyata mekpɔ be, enye wu na amegbetɔ be, wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, elabena esia nye eƒe gome. Elabena amekae akplɔe ayi afisi wòakpɔ nusiadzɔ le emegbe la le?


Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa ɖeke meli o.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Mekpɔ nunya sia hã le ɣea te, eye wòdze gã nam:


Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ amea ɖewo ɖi, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.


tete fia la he adãnya kple dukɔ la, eye wògbe ame tsitsiawo ƒe adaŋu, si wode ne la.


Tete metrɔ, eye ɖikeke do nye dzi me ɖe agbagba, siwo katã medze le ɣea te la ŋu.


Eye Salomo mlɔ fofoawo gbɔ, eye woɖii ɖe fofoa Dawid ƒe du la me; eve via Rexabeam ɖu fia ɖe eteƒe.


Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite