Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete melé fu agbenɔnɔ, elabena nusiwo wowɔna le ɣea te la, medze ŋunye o, elabena wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:17
20 Referans Kwoze  

Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.


Esi ɣe dze la, Mawu do ɣedzeƒeya xɔdzo ɖa, eye ɣe ɖu Yona ƒe ta, ale be nu te eŋu belibeli. Tete wodi ku na eɖokui gblɔ bena: Ne meku la, enyo wu esi manɔ agbe.


Tete mekafu amesiwo ku gbaɖegbe ke la, wu agbagbeawo, siwo gale agbe;


Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?


Eyata Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ, agbe.


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Eye megakpɔ le ɣea te be, nu madzɔmadzɔ le ʋɔnuɖrɔ̃ƒe, eye nu madzɔmadzɔ le dzɔdzɔenyenye nɔƒe.


Elabena nuka amegbefɔ kpɔna tsoa eƒe dɔwo kalã kple agbagba, siwoeƒe dzi dzena le ɣea te la mea?


Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Yehowa, ɣekaɣi naɣla ɖokuiwò ɖikaa ase ɖo, eye wò dɔmedzoe heliheli nano bibim abe dzo ene?


Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe!


Eye wòzɔ ŋkeke ɖeka ƒe azɔli yi gbedzi heva bɔbɔ nɔ dzoŋgbalẽtia ɖe te, eye wòdi ku be, yeaku gblɔ bena: Esɔ gbɔ! Azɔ, Yehowa, xɔ nye luʋɔ, elabena nyemenye wu fofonyewo o.


Nenye alea nèle wɔ ye gee la, ekema wum zi ɖeka boŋ, nenye be, eve nunye; bena magakpɔ nye dzɔgbevɔ̃e teƒe o.


Eye esi meɖo ta me enyi, be medze si nunya, eye medze si aɖaʋadzedze kple bometsitsi la, medze sii be, esia hã dagbadagba de ya me wònye.


eye amesi medzɔ gɔ̃, ne wòayi nuwɔwɔ vɔ̃di, siwo dzɔna le ɣea te, kpɔ ge o la tɔ me nyo wu wo ame eve la tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite