Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Tete megblɔ le nye dzi me be: Nya, si adzɔ ɖe bometsila dzi la kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye tso, nukata gɔ̃e nyea medze nunya alea gbegbe ɖo? Eye megblɔ le nye dzi me be: Esia hã toflokoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:15
9 Referans Kwoze  

Elabena nuka nunyala tsɔ wu bometsila, eye viɖe ka ame dahe, si nya zɔzɔ le agbagbeawo ŋku me la, kpɔna?


Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.


Elabena dziku geɖe kpe ɖe nunya geɖe ŋu, eye amesi li kɔ sidzedze la, eli kɔ vevesese.


Megblɔ le nye dzi me be: Vavãe, nye asi tu nunya ga geɖewo wu amesiwo katã bɔ Yerusalem nu ɖo ŋgɔ num la, eye nye dzi kpɔ nunya kple gɔmesese fũ.


Nyagblɔla be: Toflokowo ƒe tofloko, toflokowo ƒe toflokoe; nusianu enye tofloko!


kpɔ ɖa, mewo abe alesi negblɔ ene, eye metsɔ dzi nyanu, si sea nu gome la, na wò, ale be towò tɔgbea ɖeke menɔ ŋgɔwò va yi o, eye tɔwò tɔgbea ɖeke madzɔ le megbewò o.


Elabena nya geɖe li, si dzia toflokonyenye ɖe edzi, ke viɖe ka amegbelɔ kpɔna tsoe eme?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite