Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:14
16 Referans Kwoze  

be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.


Nunya le nugɔmesela ŋku me; ke bometsila ƒe ŋku le anyigba ƒe mlɔenu ke.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Tete megblɔ be: Nunya nyo wu ŋusẽ, ke wodoe vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to de eƒe nyawo ŋu o.


Amekae le ahe nunyala ene? Eye ameka se nuwo gɔmeɖeɖe me? Nunya nana amegbetɔ ƒe mo kɔna, eye eƒe mo kplala la trɔna.


Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.


Eye nenye ƒe akpe eve wona agbe, ke meɖu agbe o la, ɖe menye teƒe ɖeka wo kam woyi oa?


Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.


Yehowa vɔvɔ̃ dza, eye wònɔa anyi daa; Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe, wo katã wodzɔ.


Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Elabena nuka nunyala tsɔ wu bometsila, eye viɖe ka ame dahe, si nya zɔzɔ le agbagbeawo ŋku me la, kpɔna?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite