Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 12:7
23 Referans Kwoze  

Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.


Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Wòe nana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna bena: Mitrɔ gbɔ, mi amegbetɔviwo!


Ŋusẽ dzodzo nɔ eƒe ƒuwo ŋu, ke woa kplii womlɔ ke me.


Yehowa, si nye gbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me, ƒe Mawu la, natia ŋutsua ɖe aɖo ha la nu,


kple ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame kple ʋɔnudrɔ̃la, si nye wo katã ƒe Mawu kple ame dzɔdzɔe, siwo wowɔ blibo la, ƒe gbɔgbɔwo,


Gakpe ɖe esia ŋuti la mia ŋutilã me fofo, siwo nɔ mía si la, he mí, eye miesi wo ɖa; ɖe míaɖo to gbɔgbɔwo ƒe Fofo la boŋ geɖe awu, eye mianɔ agbe o mahã?


Tete fia, Zedekiya ka atam na Yeremya le adza me bena: Metà Yehowa, amesi na agbe sia mi la ƒe agbe: Ne mawu wò alo atso wò ade asi na ŋutsu, siwo le wò ku dim la fi!


Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ!


Nukaŋuti mẽtsɔ nye dzidadawo ke o, eye mèna nye vodadawo nu yi o? Elabena azɔ mele ke me mlɔ ge, eye ne èdim la, nyemaganɔ anyi o.


Eye esi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe la, egblɔ bena: Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de; ke esi wògblɔ esia la, etsɔ gbɔgbɔ la na.


Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.


Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, akewɔ míenye.


Ne èɣla wò ŋku me la, woluluna; ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me.


Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite