Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa, eɖanye nyui alo vɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 12:14
17 Referans Kwoze  

Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


Eye mele egblɔm na mi bena; Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, wòabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Eyaŋuti migavɔ̃ wo o, elabena naneke meli wotsyɔ nu edzi, si womelé ɖeɖe ge afia o; eye wometsɔ naneke hã ɣla, si womete nyanya ge o.


eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Tete megblɔ le nye dzi: me be: Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃diwo, elabena eɖo azã na tameɖoɖowo katã kple nuwɔwɔwo katã.


le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.


ekema yi netso dzika ƒo na mi; elabena yi wotsɔna hea to na vodada sia tɔgbe; ne mianyae be, ʋɔnudɔdrɔ̃ li.


Etsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋku me, kple míaƒe nu ɣaɣlawo ɖo wò mo ƒe kekeli nu.


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite