Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋu kple gatagbadza, si woƒo ɖe nu ene. Kplɔla ɖekae ɖo amewo woƒo wo nu ƒu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 12:11
21 Referans Kwoze  

Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la;


Ke esi wose esia la, etɔ woƒe dzi me, eye wogblɔ na Petro kple apostolo mamleawo bena: Ŋutsuwo kple nɔviwo! Nuka wɔ ge míala?


Maɖo kplɔla ɖeka kolia, si nye nye dɔla Dawid la, wo nu, ne wòanyi wo; eya anyi wo, eye wòanye kplɔla ha wo.


Yehowa be: Ɖe nye nya mele abe dzo ene, eye abe zũ, si agba agakpe gudugudu la ene oa?


Elabena míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me —


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Israel ƒe nufiala nènye, eye menya nusiawo o mahã?


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Ƒu to anyi, eye nase nunyalawo ƒe nyawo, eye wò dzi netrɔ ɖe nye nufiame ŋuti.


ne woase lododowo, abebubuwo, nunyalawo ƒe nyawo kple adzowo gɔme.


Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam;


Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã?


Maƒoe ɖe teƒe sesẽ abe tsyoti ene, eye wòazu bubufiazikpui na fofoa ƒe aƒe.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ve mía nu vie, ekpɔtɔ ame susɔea ɖewo ɖi na mi, eye wona agbadɔtsyoti mi le eƒe nɔƒe kɔkɔe la, ne mía Mawu nana míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe vie le miaƒe kluvinyenye me.


Ke eva eƒe dati goŋgoŋ, eye eƒe asiwò le tsatsam; elabena exɔ ŋusẽ tso Yakob ƒe ŋusẽtɔ kple Israel ƒe kplɔla kple kpe la gbɔ,


Nunyalawo ƒe dzusese nyo wu, ne woase bometsilawo ƒe ha.


Nyia, si tso nunyala nu la, nyo; ke bometsila ƒe nuyi gblẽa eya ŋutɔ ɖokui dome.


Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi kplɔa ame geɖewo; ke numenya wua bometsilawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite