Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 11:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ɖe dziku da le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã; elabena ɖekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nónɔ toflokowoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 11:10
14 Referans Kwoze  

Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Ɖo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nele gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo;


Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Nyagblɔla be: Toflokowo ƒe tofloko, toflokowo ƒe toflokoe; nusianu enye tofloko!


Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi!


Ŋusẽ dzodzo nɔ eƒe ƒuwo ŋu, ke woa kplii womlɔ ke me.


Hafi nètsɔ vevesesewo ɖo dzinye, eye nèna mele nye ɖevime vodadawo ƒe dome nyim;


Megaɖo ŋu nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo o, ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò amenuveve kple wò dɔmenyo ta, Yehowa!


Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.


Ale gegeme hã adze nunya, eye woadzi gbetedzivi wòazu ame.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite