2 Gomesese le ɖusi me na nunyala, ke bometsila ƒe gɔmesese le mia me nɛ.
2 Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃.
Bometsila ƒoa nu kpoloe; amegbetɔ menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ameka agblɔ nusi ava dzɔ le emegbe la nɛ?
Ne lãnu tsi kpo, eye womenyire enu o la, ele be, woahe alɔkame; ke nuwɔwɔ, ne wòadze edzi, enye nunya ƒe viɖe.
Nukata bometsila lé ga ɖe asi be, yeaƒle nunyae, evɔ tagbɔ mele esi o ɖe!
Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.
Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.
Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.
eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsa gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.
Azɔ ne wofɔ mia kple Kristo ɖe tsitre la, ekema midi nusiwo le dziƒo, afisi Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me.
Nunyalawo ƒe nuyiwo le dzodzo dom sidzedze; ke bometsilawo ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o.