Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 10:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Anyigba, si ƒe fia nye ɖevi, eye eƒe amegãwo ma ŋdi ɖe nuɖuɖu ŋu la, baba nɛ!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Babaa na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi eye eƒe kplɔlawo mua aha ŋdi kanya gbe sia gbe.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 10:16
16 Referans Kwoze  

Nye dukɔ ƒe ŋutasẽlawo nye ɖeviwo, eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi. Nye dukɔ, kplɔwòlawo nye ameflula wo, eye wobaɖa wò toƒe ƒe mɔwo.


Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o!


eye yakamewo kple ame ɖigbɔwo ƒo ta kplii ɖe eŋu, eye wodo dzi tsi tre ɖe Salomo vi Rexabeam ŋuti: elabena Rexabeam nye ɖevi, eye dzi mele eƒo, ne wòana te ɖe wo nu o.


Yoyaxin xɔ ƒe wuienyi, esime wòzu fia; eɖu fia dzinu etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem; eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me.


Yoyakim xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem; eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me.


Yoaxaz xɔ ƒe blave vɔ etɔ̃, esime wòzu fia, eye woɖu fia dzinu etɔ̃ le Yerusalem.


Zedekiya xɔ ƒe blave vɔ eve, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem.


Amegã, si ɖo ko le gɔmesese me la, ameteteɖeanyi bɔ ɖe esi; amesi lé fu amebaba la, anɔ agbe didie.


Bometsilawo ƒe agbagbadzedze nana ɖeɖi tea amesi menye du me mɔ o la ŋu.


Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi, ke nye la mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe dzi; fofonye tsɔ atam ƒo mi, ke nye la matsɔ dziɖegbe aƒo mi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite